Romans 3

Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ

1Ekema viɖe kae le Yudatɔnyenye me? Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖe li na wo tso Mawu gbɔa? Viɖe aɖe le Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnuwɔwɔ la mea? 2Ẽ, nu nyui geɖewo le Yudatɔnyenye me. Gbã la, Mawu tsɔ eƒe sewo de asi na wo ale be woate ŋu anya eƒe lɔlɔ̃nu eye woawɔe. 3Nyateƒee, wo dometɔ aɖewo mewɔ Mawu ƒe gbe dzi o. Ke ɖe woƒe ŋugbedodowo na Mawu dzi mawɔmawɔ fia be Mawu hã agbe eƒe ŋugbedodowo dzi wɔwɔ na woa? 4Gbeɖe o! Togbɔ be ame sia ame nye aʋatsokala le xexeame hã la, Mawu ya mele nenema o. Èɖo ŋku nu si Psalomowo ƒe Agbalẽ gblɔ tso susu sia ŋu dzia? Egblɔ be, togbɔ be amewo atsi tsitre ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu hã la, Mawu ƒe nyawo anye nyateƒe kple nya dzɔdzɔe ɣesiaɣi.

5Ame aɖewo gblɔna be, “Míaƒe vodadawo ɖe Mawu ŋu nye nu nyui elabena míaƒe nu vɔ̃wo ana amewo nadze si Mawu ƒe nyonyo ne wokpɔ míaƒe gbegblẽ. Ekema ɖe wònyo be wòahe to na mí le esime míaƒe nu vɔ̃wo nye kpekpeɖeŋu nɛa?” Nenemae ame aɖewo gblɔna. 6Mawu naxe mɔ na nya sia tɔgbiwo. Ekema Mawu ka tɔgbi wòanye ne wòaŋe aɖaba aƒu nu vɔ̃wo dzi? Ale ke wòate ŋu abu fɔ ame aɖee? 7Mate ŋu adrɔ̃ ʋɔnum, abu fɔm abe nu vɔ̃wɔla ene o, elabena nye nu vɔ̃ wɔwɔ he ŋutikɔkɔe vɛ nɛ to asifiafia vovototo si le eya ƒe nuteƒewɔwɔ kple nye nuteƒemawɔmawɔ dome la me. 8Ne èkplɔ susu ma ɖo la, àva ke ɖe susu sia ŋu. Ale si míaƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ɖe edzi wu la, nenemae Mawu lɔ̃a mí ɖe edzi wui! Ele be woabu fɔ ame siwo gblɔa nya siawo tɔgbi. Ke ame aɖewo gblɔna be nu siawo tɔgbie mefiana!

Ame aɖeke mele dzɔdzɔe o

9Ekema ɖe mí Yudatɔwo míenyo wu ame bubuawoa? Ao, mele eme nenema kura o, elabena míeɖee fia xoxo be amewo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo sɔsɔe, míeɖanye Yudatɔwo loo alo míeɖanye Trɔ̃subɔlawo o. 10Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔe ene la, “Ame aɖeke meli si nyo o, eye ame ɖeka aɖeke meli si ŋu nu vɔ̃ mele o.”

11Ame aɖeke mewɔ Mawu ƒe sewo dzi pɛpɛpɛ kpɔ loo alo ɖo kplikpaa kpɔ be yeawɔ wo dzi gɔ̃ hã o.

12Ame sia ame tra mɔ; ame sia ame wɔ nu vɔ̃. Ame aɖeke mele afi aɖeke si lé nyuiwɔwɔ me ɖe asi o. Ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã meli o.

13Woƒe nuƒoƒo nye nu vɔ̃ɖi kple ŋunyɔnu abe ʋeʋẽ si doa go tsoa yɔdo nuvowo me ene. Aʋatsokaka yɔ aɖe dzi na wo. Da si ƒomevi me aɖi vɔ̃tɔ le la ƒe aɖi nɔa nu sia nu si wogblɔna la me.

14Ɖiŋudodo kple dzrewɔwɔ yɔa nume na wo.

15Woɖea abla ɖe amewuwu ŋu eye woléa fu ame sia ame si tsia tsitre ɖe wo ŋu.

16Afi sia afi si woyi la, wogblẽa konyifafa kple masɔmasɔ ɖe megbe, 17eye womenya ale si woaɖe dzi ɖi eye woadzɔ dzi le Mawu ƒe yayrawo ŋu kpɔ ha ɖe o.

18Wometsɔ ɖeke le eme na Mawu o eye wometsɔ ɖeke le nu si Mawu bu tso wo ŋu la hã me o.

19Ale Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asẽ na Yudatɔwo elabena woawo ƒe dɔdeasie wònye be woakpɔ Mawu ƒe seawo dzi le nu vɔ̃ siawo katã wɔwɔ teƒe. Ɖokuinuɖenya aɖeke mele wo dometɔ aɖeke si o. Le nyateƒe me la, xexeame katã ɖi fɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume.

20Miekpɔe azɔa? Womate ŋu atso afia na ame aɖeke le Mawu ƒe ŋkume le amea ƒe sedziwɔwɔ ta akpɔ o. Elabena ale si míenya Mawu ƒe seawo ɖe edzi wu la, nenema tututue eme kɔna na mí ɖe edzi wu be míele seawo dzi wɔm o. Ɖe ko eƒe seawo nana míenyana be nu vɔ̃ wɔlawo míenye.

Dzɔdzɔenyenye to xɔse me

21Ke azɔ la woɖe dzɔdzɔenyenye aɖe tso Mawu gbɔ ɖe go si to vovo tso se la gbɔ. Se la kple Nyagblɔɖilawo ɖi ɖase le eŋuti. 22Nenem dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gblɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me, na ame siwo katã xɔ se. Vovototo aɖeke meli o, 23elabena wo katã wɔ nu vɔ̃, Mawu ƒe ŋutikɔkɔe bu ɖe wo, 24eye wotso afia na wo faa to eƒe amenuveve si va to Kristo Yesu ƒe ɖeɖedɔ dzi la me.

25Elabena Mawu ɖo Kristo Yesu ɖa be wòaxɔ míaƒe nu vɔ̃wo ŋu tohehe eye wòatsi Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu. Ewɔ míaƒe xɔse kple Kristo ƒe ʋu ŋudɔ hena eƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu tsitsi. Ewɔ nuteƒe le mɔ sia nu togbɔ be mehe to na ame siwo wɔ nu vɔ̃ tsã o hã. Elabena enɔ mɔ kpɔm na ɣesiɣi Kristo ava eye wòaɖe nu vɔ̃ mawo ɖa. 26Le ŋkeke siawo hã me la, agate ŋu axɔ nu vɔ̃ wɔlawo le mɔ sia ke nu elabena Yesu ɖe woƒe nu vɔ̃ ɖa.

27Ekema nu ka ŋuti míate ŋu aƒo adegbe le be míawɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ? Naneke kura meli o. Nu ka ta? Elabena míaƒe afiatsotso meku ɖe míaƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe nu si Kristo wɔ kple ale si míexɔ Kristo dzi se la ŋu. 28Aleae wòle be wotsoa afia na mí to Kristo dzixɔse me eye menye to nu nyui siwo míewɔna la me o.

29Eye ɖe Mawu ɖea Yudatɔwo ko to mɔ sia nua? Ao, Trɔ̃subɔlawo hã ate ŋu ava egbɔ to mɔ sia ke dzi. 30Mí katã míesɔ le Mawu ŋkume. Ame sia ame, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔlawo siaa ate ŋu akpɔ ɖeɖe ne woxɔ se ko. 31Enyo; ne woaɖe mí to xɔse me la, ekema ɖe esia fia be megahiã be míawɔ Mawu ƒe sewo dzi oa? Mele nenema kura o! Ne míexɔ Yesu dzi se la, eya ko hafi miate ŋu awɔ seawo dzi.

Copyright information for EweBEE